Publicidade

Salmos 4

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1 Nye Mawu dzɔdzɔetɔ,

tɔ nam ne meyɔ wò.

Na gbɔdzɔem le nye xaxa me;

kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.

2 O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie

miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe?

Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble,

ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela

3 Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui,

eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.

4 Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o;

ne miele miaƒe abawo dzi la,

midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela

5 Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe,

eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

6 Ame geɖewo le biabiam be, "Ame kae afia nu nyui aɖe mí?"

Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.

7 Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli

kple wain yeye do agbogbo na.

8 Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me,

elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-