Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 110

David ƒe ha.

1 Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be,

"anyi ɖe nye nuɖusime,

va se ɖe esime matsɔ futɔwo

awɔ afɔɖodzinui."

2 Yehowa adidi ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion,

eye àɖu fia le futɔwo dome.

3 aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na le aʋakpegbe.

Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe,

si do go tso fɔŋli ƒe me ke la me,

axɔ ɖekakpuimezãmu.

4 Yehowa ka atam,

eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be

"Wòe nye nunɔla tegbee,

le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu."

5 Aƒetɔ la le nuɖusime,

agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.

6 Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali woƒe kukuawo,

nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi.

7 Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me,

eya ta afɔ eƒe ta dzi.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também