Publicidade

Salmos 130

Mɔzɔha.

1 O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke.

2 O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe.

Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.

3 O! Yehowa, ne àlé amewo

ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la,

O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?

4 Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò,

eya ta wovɔ̃a wò ɖo.

5 Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm,

nye luʋɔ le lalam,

eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.

6 Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu

ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke;

mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.

7 O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi,

elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si,

eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.

8 Eya ŋutɔ aɖe Israel

tso eƒe nu vɔ̃wo katã me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_14-04-22-