Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 85

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1 O! Yehowa, èɖe amenuveve fia anyigba;

ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te.

2 Ètsɔ dukɔ la ƒe vodada kee,

eye nètsyɔ nu woƒe nu ̃wo katã dzi. Sela

3 Èɖe asi le dzikudodo helĩhelĩ ŋuti

eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo.

4 O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo te,

míaƒe nu meganɔ dzi kum na o.

5 Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa?

Ɖe nàdidi dɔmedzoe la

wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?

6 Màgagbɔ agbe ,

be dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?

7 O! Yehowa, ɖe lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia ,

eye nàna xɔname .

8 Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ;

edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ,

eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana

woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o.

9 Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo ̃la gbɔ,

ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.

10 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo,

eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.

11 Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me,

eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.

12 Yehowa ana nu si nyo la vavã,

eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.

13 Dzɔdzɔenyenye le eŋgɔ,

eye wòle tam na eƒe afɔtoƒewo.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também