Publicidade

Salmos 24

David ƒe ha.

1 Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,

xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.

2 Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi,

eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli.

3 Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ?

Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

4 Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe,

ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o,

eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.

5 Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu,

eƒe Ɖela la, atso afia nɛ.

6 O! Yakob ƒe Mawu,

aleae dzidzime si dia wò,

eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela

7 O! Mi agbowo, miʋu;

mi blemaʋɔtruwo, miʋu,

ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.

8 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la?

Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae,

Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae.

9 O! Mi agbowo, miʋu;

mi blemaʋɔtruwo, miʋu,

ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.

10 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia?

Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-