Publicidade

Salmos 51

David ƒe ha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esime wòwɔ ahasi kple Batseba, eye Nyagblɔɖila Natan va egbɔ.

1 O! Mawu, kpɔ nye nublanui le lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

Le dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.

2 Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam

ŋunye nakɔ tso nye nu ̃wo me.

3 Elabena menya nye dzidadawo,

eye nye nu ̃wo le nye ŋkume ɖaa.

4 Ŋuwò, ko ŋu mewɔ nu ̃ ɖo,

eye nu si nye ̃ le ŋkume la mewɔ,

eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ,

eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.

5 Vavã, wodzim ɖe nu ̃ me,

eye nu ̃ me danye nye fu ɖo.

6 Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina;

èfia nunyam le ememe ke.

7 Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi;

le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.

8 Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso,

ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.

9 Ɣla mo ɖe nye nu ̃wo,

eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.

10 O! Mawu, dzi dzadzɛ aɖe nam,

eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.

11 Mègatsɔm ƒu gbe le ŋkume,

alo nàxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.

12 Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye,

eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.

13 Ekema mafia mɔwo dzidalawo,

eye nu ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò.

14 O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu ̃ me,

Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha

le dzɔdzɔenyenye ŋu.

15 O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo,

eye nye nu aɖe gbeƒã kafukafu.

16 Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na ;

numevɔsa medoa dzidzɔ na o.

17 Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã.

O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.

18 Na nu nadze edzi na Zion le didi nyui la nu,

eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.

19 Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo

kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò,

ado dzidzɔ na , eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe

le vɔsamlekpui dzi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-