Publicidade

Salmos 121

Mɔzɔha.

1 Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu,

afi ka nye xɔname atso ava?

2 Nye xɔname atso Yehowa,

ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.

3 Mana wò afɔ naɖiɖi o,

eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.

4 Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la,

madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.

5 Yehowae nye tawòkpɔla,

Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime

6 eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo,

alo ɣleti le zã me o.

7 Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me,

eye wòakpɔ wò agbe ta.

8 Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti,

fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-