Publicidade

Salmos 114

1 Esi Israel do go tso Egipte,

esi Yakob ƒe aƒe la do go

tso gbe bubu gblɔlawo dome la,

2 Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe,

eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe.

3 Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo,

Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe.

4 Towo ti kpo abe agbowo ene,

eye togbɛwo abe alẽviwo ene.

5 O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo,

O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo?

6 Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene,

eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo?

7 O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume,

le Yakob ƒe Mawu la ŋkume,

8 eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu

kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_14-04-22-