Publicidade

Provérbios 21

1 Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me;

efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la

abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.

2 Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu

gake Yehowae daa dziwo kpɔ.

3 Nu dzɔdzɔe kple nu si

le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.

4 Ŋku kple dzi si me dada

le lae nye ame ̃ɖiwo ƒe akaɖi,

evɔ wòhenye nu ̃.

5 Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe

nenema kee dzitsitsi hea ahedada .

6 Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba

abe ƒuƒu ene eye wònye si ŋu aɖi ̃ɖi le.

7 Ame ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe

elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o.

8 Fɔɖila ƒe le gɔdɔ̃gɔdɔ̃

gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe.

9 Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ ɖeka me

kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.

10 Nu ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame ̃ɖi vevie,

mekpɔa nublanui na ehavi o.

11 Ne wohe to na fewuɖula la,

bometsilawo dzea nunya;

ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi.

12 Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame ̃ɖi ƒe aƒe ŋu,

eye wòhea gbegblẽ vaa ame ̃ɖi la dzi.

13 Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la,

ne eya do ɣli la,

ame aɖeke masee o.

14 Nunana si wona le adzame la faa dziku nu

eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ la

léa avu dziku helĩhelĩ.

15 Afia nyui tsotso hea dzidzɔ na ame dzɔdzɔe,

ke ehea ŋɔdzi na ̃ wɔlawo.

16 Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe dzi la

va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me.

17 Ame si ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ

eye ame si ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o.

18 Ame ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe

eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu.

19 Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi

kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.

20 Nuɖuɖu vivi kple ami ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu,

gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.

21 Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la,

tia agbe, dzidzedze kple bubu.

22 Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi

eye wòmu sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.

23 Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la,

ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.

24 Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela,

si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, "Fewuɖula."

25 Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku ,

elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ o.

26 Ele nu dzrom ŋkeke blibo la,

ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.

27 Ame ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu,

kaka wòahanye be etsɔe kple susu ̃ɖi.

28 Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi.

29 Ame ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi,

ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu.

30 Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o,

ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.

31 Woblaa akpa na ɖe aʋakpegbe ŋu,

gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-