Pular para o conteúdo
Publicidade

Marko 2

Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu

1 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 2 Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la fũu kple amewo o. Aƒea me ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. 3 Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4 Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe si me Yesu la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.

5 Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, "Vinye, wotsɔ nu ̃wo ke !"

6 Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, 7 "Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu ̃wo ake oa?"

8 Yesu nya nu si bum ameawo , eya ta egblɔ na wo enumake be, "Aleke nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9 Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, Wotsɔ nu ̃wo ke loo alo woagblɔ be, "Tso, aba ne nàzɔ azɔli?" 10 Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu ̃ ake le anyigba dzi." Egblɔ na lãmetututɔ la be, 11 "Mele egblɔm na be tsi tre! Ŋlɔ aba nàyi aƒe me!"

12 Ŋutsu la tso enumake, eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, "Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!"

Veja também