Yesu da gbe le dɔnɔ aɖe ŋu le Sabat dzi
1 Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.
2 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
3 Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. 4 Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, "Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?" Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. 5 Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, "Dzɔ wò asi." Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.