3 Egblɔ na wo be, "Miɖo to miasee! Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me. 4 Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5 Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, 6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o. 7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o. 8 Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku blaetɔ̃, eye ɖewo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa."
9 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, "Ame si to senu li na la nesee."