Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 4

Yesu tsi ahom nu le atsiaƒu dzi

35 Esi ɣe to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, "Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi." 36 Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wodze , hegble ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo dze wo yome. 37 Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ. 38 Togbɔ be esiawo katã edzi yim la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, "Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?"

39 Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la be, "Zi ɖoɖoe!" Ya sesẽ la enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.

40 Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, "Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia la, miexɔ dzinye se oa?"

41 Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, "Ame ka ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo ɖoa toe?"

Veja também