Pular para o conteúdo
Publicidade

Marko 5

Yairo ƒe vinyɔnu kple nyɔnu ʋusisidɔléla la

21 Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha aɖe ƒo zi ɖe eŋu. 22 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, 23 eye wòɖe kuku vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, "Vinye la ɖo kudo nu , eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe."

24 Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha aɖe kplɔ wo ɖo. 25 Nyɔnu aɖe ameawo dome si ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. 26 Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi boŋ. 27 Ese nukunu geɖe siwo Yesu , eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu, 28 elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, "Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ." 29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si dodom le eŋu la enumake, eye wòse le eɖokui me be yehaya.

30 Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ hebia be, "Ame kae ka asi nye awu ŋu?"

31 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, "Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?"

32 Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si nenem nu sia. 33 Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la . 34 Yesu gblɔ be, "Vinyenyɔnu, xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, dɔléle la keŋkeŋ."

35 Le esime Yesu nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, "Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o."

36 Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo gblɔ be, "Mègavɔ̃ o, dzinye se ko."

37 Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me. 38 Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ aɖe teƒe la, elabena amewo avi fam henɔ ɣli dom hoo. 39 Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, "Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!" 40 Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta.

Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me. 41 Yesu ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ be "Talita kumi!" (si gɔmee nye be, "Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na be !"). 42 Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo. 43 Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.

Veja também