22 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, 23 eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, "Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe."
24 Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.