Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 5

25 Nyɔnu aɖe ameawo dome si ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. 26 Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi boŋ. 27 Ese nukunu geɖe siwo Yesu , eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu, 28 elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, "Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ." 29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si dodom le eŋu la enumake, eye wòse le eɖokui me be yehaya.

30 Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ hebia be, "Ame kae ka asi nye awu ŋu?"

31 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, "Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?"

32 Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si nenem nu sia. 33 Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la . 34 Yesu gblɔ be, "Vinyenyɔnu, xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, dɔléle la keŋkeŋ."

Veja também