21 Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me. 22 Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ.
Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, "Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò."