Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 6

35 Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ be, "Teƒe sia tso abo, evɔ le dodom, 36 eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo."

37 Gake Yesu gblɔ na wo be, "Miawo mina nuɖuɖu wo."

Nusrɔ̃lawo biae be, "Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home aɖe."

38 Yesu bia wo be, "Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa."

Woyi gbɔ va gblɔ be, "Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li."

39 Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40 Ale ameawo anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. 41 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. 42 Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, 43 eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. 44 Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000).

Veja também