20 Egagblɔ be, "Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, 21 elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ 22 ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. 23 Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o."
Publicidade