Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 9

17 Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, "Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ na be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18 Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ ̃ la le eme, gake womete ŋui o."

19 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, "O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la nam."

20 Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ dodom le enu.

21 Yesu bia ɖevia fofo be, "Tso ɣe ka ɣi ke wòle sia lém?"

Fofoa ɖo eŋu be, "Tso keke eƒe ɖevime ke. 22 Gbɔgbɔ ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na ."

23 Yesu gabiae be, "Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko."

24 Fofoa ɖo eŋu enumake be, "Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!" 25 Yesu kpɔ be ameha la agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ ̃ la be, "Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ agage ɖe eme azɔ o."

26 Gbɔgbɔ ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. 27 Ke Yesu eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ.

Veja também