8 "Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã?
"Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’
"Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o.
9 "Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem. 10 Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.