Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 1

20 Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ be, "Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃Maria kpɔkplɔ be wòava gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu ̃wo me."

22 Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, 23 "Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel" (si gɔmee nye, "Mawu li kpli mí ").

24 Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25 Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.

Veja também