11 Enye nyateƒe be le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒe la me la kɔ wu eya amea! 12 Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe, eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham.