Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 12

10 eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo afi ma la biae enumake be, "Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?" Wonɔ kpɔm be aɖo eŋu be "Ɛ̃," ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

11 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, "Nenye be alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! 12 Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi."

13 Azɔ egblɔ na ame si tsitsi asi na la be, "Dzɔ asi," eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene.

Veja também