Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo
46 Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. 47 Ame aɖe gblɔ nɛ be, "Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli wò."
48 Yesu bia amea be, "Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?" 49 Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, "Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo." 50 Eyi edzi be, "Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu."