3 Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, "Agbledela aɖe yi nuku wu ge. 4 Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5 Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, 6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o. 7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku. 8 Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa. 9 Ame si to senu li na la nesee."