Lododo le gbe wuwluiwo ŋuti gɔmeɖeɖe
36 Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, "Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí."
37 Egblɔ na wo be, "Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me la. 38 Agble lae nye xexea me, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖiwoe nye dzimaxɔsetɔwo. 39 Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo.
40 "Le lododo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga, eye wotɔ dzo wo; nenema ke wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu. 41 Madɔ nye dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me; 42 woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ. 43 Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Ame si to senu li na la nese nya siawo.