Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 13

Lododo le kesinɔnu ɣaɣla kple kpe xɔasi ŋuti

44 "Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi la be yeakpɔ ga atsɔ aƒle anyigba sia kple kesinɔnu la katã.

45 "Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra la. 46 Eva kpɔ dzonu aɖe si asi ŋutɔ, eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la, eye wòƒle dzonu sia.

Veja também