Lododo le dɔ ŋuti
47 "Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔ me, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa la. 48 Esi wòhe asabu la va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe teƒe ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe. 49 Alea tututu wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu hã. Mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ, 50 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ."