Yesu zɔ ƒu dzi
22 Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 23 Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me, 24 ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.
25 Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, "Ŋɔlie."
27 Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, "Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme."
28 Petro gblɔ nɛ be, "Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò."
29 Yesu gblɔ nɛ be, "Enyo, zɔ va."
Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30 Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, "Aƒetɔ, ɖem!"
31 Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, "O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?"
32 Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka.
33 Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo nɛ hegblɔ nɛ be, "Mawu ƒe Vie nènye vavã!"