Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateo 15

3 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Miawo , nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? 4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.5 Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawula, 6 megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. 7 Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be,

8 " Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo,

gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.

9 Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o,

elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la,

eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ "

Veja também