Yesu nyi ame akpe ene
32 Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, "Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi."
33 Nusrɔ̃lawo biae be, "Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?"
34 Yesu gabia wo be, "Abolo nenie susɔ ɖe mia si?"
Woɖo eŋu be, "Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ."
35 Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. 36 Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 37 Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu. 38 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.