Nɔvi si dze agɔ le dziwò
15 "Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. 16 Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò. 17 Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene.
18 "Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.
19 "Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi. 20 Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome."