Zebedeo vi eveawo ƒe didi
20 Eva eme be Zebedeo ƒe vi eveawo dada va Yesu gbɔ, dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be wòawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye.
21 Yesu biae be, "Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?"
Nyɔnu la ɖo eŋu be, "Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me."
22 Yesu gblɔ nɛ be, "Mènya nu si biam nèle la o!" Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, "Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?"
Woɖo eŋu be, "Ɛ̃, míate ŋui."
23 Yesu gblɔ na wo be, "Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo."