Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 20

Gbedada le ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu

29 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha aɖe kplɔ wo ɖo. 30 Ŋkuagbãtɔ eve anyi ɖe si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo gbɔgblɔm be, "Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na !"

31 Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, "Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi."

32 Yesu , eye wòyɔ wo hebia wo be, "Nu ka miedi be mawɔ na mi?"

33 Woɖo eŋu be, "Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu."

34 Woƒe nu nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ aɖe.

Veja também