Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ
12 Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.
13 Egblɔ na wo be, "Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ "