Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi
23 Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo, ame siwo mexɔe se be ame kukuwo atsi tsitre le nuwuwua o la va egbɔ va biae be, 24 "Aƒetɔ, Mose de se na mí be ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosi la, eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbe la ƒe dome. 25 Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi kple nyɔnu la hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosi la ɖe. 26 Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosi la ɖe, gake kpao, eya hã ku vimadzimadzii. Ale nɔviŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii o. 27 Mlɔeba la, nyɔnu la ŋutɔ hã va ku. 28 Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsiŋkeke la dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!"
29 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o. 30 Le tsitretsitsiŋkeke la dzi la, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be, 32 ‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye."
33 Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ.