Amegbetɔ Vi la ƒe vava
29 "Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la,
" ‘Ɣe ado viviti,
eye ɣleti hã magaɖi o,
ɣletiviwo age tso dziƒo,
eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’
30 "Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me, 31 eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.