Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze
3 Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, "Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?"
4 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o, 5 elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo. 6 Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.