Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti
1 Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. 2 Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo. 3 Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. 4 Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. 5 Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃.
6 "Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’
7 "Ɖetugbiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. 8 Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, ‘Mina miaƒe ami la ƒe ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.’
9 "Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’
10 "Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la.
11 "Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be, ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’
12 "Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’
13 "Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.