Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔnya
1 Le ŋkeke mawo me la, Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye, 2 "Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo." 3 Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,
"Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena,
‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo,
eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ "
4 Ke kposɔfu le Yohanes ƒe awu si wòdo la ŋu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii; eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 5 Ame geɖewo tso Yerusalem, eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nutowo me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe. 6 Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.