Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo
18 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. 19 Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, "Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo."