Le dzimaɖitsitsi ŋuti
25 "Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? 26 Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? 27 Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?