Pular para o conteúdo
Publicidade

Mika 3

Mawu ka mo na kplɔlawo kple nyagblɔɖilawo

1 Eye megblɔ be:

"Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo.

Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.

Miawoe wòdze be mianya nyui tso ̃ gbɔ

2 gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ ̃.

Mievuvu ayi le nye amewo ŋu

ye mievuvu le woƒe ƒuwo ŋuti.

3 Mieɖu nye amewo katã ƒe ,

vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo

eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene."

4 Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o

eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu ̃ si wowɔ la ta.

5 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

"Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae;

ne ame aɖe na nu wo,

woɖu la, wodoa ŋutifafa ;

ke ne ame aɖe mena nu wo o la,

wohoa aʋa ɖe eŋuti.

6 ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o;

viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o.

Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi.

7 Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe

eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo.

Woatsɔ asi atsyɔ mo

elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o."

8 Ke nye la, ŋusẽ menye taŋtaŋ,

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye

eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye

kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ

kple Israel ƒe nu ̃.

9 Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo

kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.

Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ

eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.

10 Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi

kple Yerusalem ɖe ̃ɖinyenye dzi.

11 Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu.

Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta

eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta

gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be:

"Yehowa le mia dome

eya ta ̃ aɖeke mawɔ o."

12 Miawo ta woaŋlɔ

Zion abe agble ene,

Yerusalem azu glikpo ɖeka

eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também