Pular para o conteúdo
Publicidade

Mika 2

Ame ƒe ɖoɖowo kple Mawu ƒe ɖoɖowo

1 Baba na mi ame siwo ɖoa nu ̃ɖi be yewoawɔ

kple ame siwo ɖoa nu ̃ɖi le woƒe abawo dzi.

Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo

elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe.

2 Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe;

ne dim wole la, woxɔa eya kple akpasesẽ.

Nenye be anyigba ɖeka alo ɖeka ma koe le amea si la,

woxɔnɛ le esi.

Ale mietea ŋu xɔa amea

kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe.

3 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi,

"Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti

eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o.

Miate ŋu agazɔ dadatɔe o

elabena anye ɣeyiɣi ̃.

4 Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu,

eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be:

Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo.

Yehowa xɔe le asinye.

Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo .’ "

5 Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la,

ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na o.

6 Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be:

"Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o

elabena ŋukpe mava mía dzi o."

7 O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae?

"Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea?

Ɖe esiawo tso egbɔa?

"Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na

ame siwo dzɔdzɔe tsɔ oa?

8 Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye

abe woƒe futɔ ene.

Mieɖe awu xɔasiwo le ame

siwo va le eme tsom

le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene.

9 Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ

me la le woƒe aƒe nyuiwo me.

Miexɔ nye yayra

le wo viwo si tegbee.

10 Mitso ne miadzo le afi sia,

elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o;

elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe,

ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o.

11 Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be,

Wain kple aha nabɔ na mi fũu

la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo ̃na."

Mawu do ɖeɖekpɔkpɔ ŋugbe

12 "O Yakob, magaƒo mia nu ƒu.

Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo.

Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me

eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.

13 Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo

eye woato agboawo me ado go.

Woƒe fia adze ŋgɔ na wo

eye Yehowa anye woƒe kplɔla."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também