Pular para o conteúdo
Publicidade

Mika 1

1 Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva le ŋutega me.

2 Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia,

anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa;

Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me

eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!

Ʋɔnudɔdrɔ̃ Samaria kple Yerusalem

3 Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe!

Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi.

4 Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te,

eye balimewo ma le eŋgɔ

abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene;

abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.

5 Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta,

ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu ̃wo ta.

Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea?

Ɖe menye Samariae oa?

Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo?

Ɖe menye Yerusalem ye oa?

6 "Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo,

ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi ̃ .

Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime

eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.

7 Woagbã eƒe legbawo gudugudu

eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me.

Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã.

Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui

eye gboloho woagazu."

Konyifafa kple avifafa

8 Le esia ta mafa avi ado ɣli;

maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu.

Maxlɔ̃ abe amegaxi ene,

eye mafa konyi abe adzexe ene,

9 elabena Yuda ka abi makumaku.

Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke,

va ɖo Yerusalem ŋutɔ ̃ .

10 Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o.

Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe

ke me le Bet Ofra.

11 Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me;

mi Zaanantɔwo miadzo o.

Bet Ezel le konyi fam eya

ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o.

12 Marotɔwo le kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke,

gake vevesese koe le wo lalam,

elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va

keke Yerusalem ƒe agbo nu.

13 Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo

ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu.

Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu ̃ ƒe gɔmedzeƒe

elabena wokpɔ Israel ƒe nu ̃wo le mewò.

14 Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ.

Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo.

15 Mi ame siwo le Maresa,

makplɔ aʋakɔ aƒu mi,

woaɖu mia dzi,

ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.

16 ta kolikoli nàfa konyi

elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe.

ta wòanɔ abe akaga ene,

elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também