Publicidade

Miquéias 5

Mawu do dziɖula aɖe tso Betlehem ƒe ŋugbe

1 O aʋawɔlawo ƒe du.

Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu

elabena futɔwo ɖe to ɖe mí.

Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.

2 "Ke wò, Betlehem, Efrata,

togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la,

mewòe ame si le nye dukɔ Israel

kplɔ ge la ado tso nam.

Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o

elabena eli tso keke blema ke."

3 Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe

esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi;

eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la

natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ

woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.

4 Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me

kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me.

Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me

elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti

le xexea me godoo.

Ɖeɖe kple tsɔtsrɔ̃

5 Eyae anye woƒe ŋutifafa.

Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto

míaƒe mɔ sesẽwo me la,

ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti

kple kplɔla enyi be woakplɔ mí.

6 Woaɖu Asiria dzi kple yi,

eye woato eƒe agbowo me age ɖe

Nimrɔd ƒe anyigba dzi.

Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be

wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi

be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.

7 Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome

abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ

kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ

alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene.

8 Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo

kple ame geɖewo dome abe

dzata le lã wɔadã siwo le ave me

kple dzatavi le alẽhawo dome ene.

Dzatavi si le yiyim la,

enyea avuzi hevuvua nu

eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.

9 Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋuti

eye àɖu wò ketɔwo katã dzi.

10 Yehowa be:

"Le gbe ma gbe la,

matsrɔ̃ miaƒe sɔwo

eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo

11 Magbã wò duwo

eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi.

12 Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi

eye màgasa gbesa azɔ o.

13 Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo

eye magbã wò legba siwo nèwɔ

kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o.

14 Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi

eye magbã miaƒe duwo.

15 Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe

dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo."

Veja também

Publicidade
Miquéias
Ver todos os capítulos de Miquéias
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_09-43-29-