Gɔmeɖoanyi eveawo
24 "Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. 25 Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi. 26 Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. 27 Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo."