Pular para o conteúdo
Publicidade

Salmos 125

Mɔzɔha.

1 Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la

le abe Zion to si meʋãna o,

eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.

2 Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la,

nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae,

tso fifia yi ɖe mavɔ me.

3 Ame ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si

woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o,

ne menye nenema o la,

ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu ̃ɖii.

4 O! Yehowa, nyui na nu nyui wɔlawo,

ame siwo ƒe dzi to ɖeka.

5 Ke ame siwo trɔ ɖe gɔglɔ̃ dzi la,

Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu ̃ɖi wɔlawo ŋu.

Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

Veja também