2 Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, "Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ."
3 Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, "Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ." Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake. 4 Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, "Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene."